Matthew 17

Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi

(Marko 9:2-13; Luka 9:28-36)

1Le ŋkeke ade megbe la Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ eye wonɔ dze ɖom kplii. 4Petro gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”

5Esi wònɔ nya sia gblɔm la alilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo to eya amea.”

6Esi gbea nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo eye wotsyɔ mo anyi nɔ dzodzom nyanyanya. 7Ke Yesu va wo gbɔ eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo bena, “Mitsi tre eye migavɔ̃ o.”

8Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.

9Le esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.

10Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka tae Yudatɔwo ƒe Osɔfowo nɔa gbɔgblɔm godoo be ale be Eliya nagava hafi Mesia la nava?”

11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Mesia la nava. 12Eye le nyateƒe me la, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dzesii o, eya ta ame geɖewo wɔ funyafunyae. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fue le woƒe asi me.”

13Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.

Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)

14Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena,

15“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣeaɖewoɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi me. 16Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”

17Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. Ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!” 18Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le ɖevia me ale be eƒe lãme se enumake.

19Le esia megbe la nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa bena, “Nu ka tae míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?”

20Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o. 21Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o negbe ɖe miado gbe ɖa, atsi nu dɔ ko hafi.”

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia

(Marko 9:30-32; Luka 9:43-45)

22Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.

Mawuxɔ me nudzɔdzɔ nana

24Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaun la, gbedoxɔmenudzɔlawo, ame siwo xɔa dratsima eve le ame sia ame si la va Petro gbɔ eye wobiae bena, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔme adzɔga oa?”

25Eɖo eŋu na wo bena, “Ẽ, enanɛ,” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simon, ale ke nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo, alo le ame bubuwo si?”

26 27Petro ɖo eŋu nɛ bena, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ bena, “Ekema mehiã be dukɔme viwo naxe adzɔga o.”

Copyright information for EweBEE